Mark 13

Yesu ƒo nu le gbedoxɔ la gbagbã ŋuti

(Mateo 24:1-2; Luka 21:5-6)

1Esime Yesu kple e ƒe nusrɔ̃lawo nɔ go dom tso gbedoxɔa me gbe ma gbe la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be, “Nufiala, kpɔ ale si xɔ siawo nya kpɔe la ɖa. Kpɔ ale si wotsɔ kpe gã vovovowo ɖo gliawoe la ɖa.”

2Yesu ɖo eŋu be, “Ekpɔ xɔ siawoa? Mele egblɔm na mi be, wole wo gbã ge gudugudu ale gbegbe be, kpe ɖeka pɛ hã masusɔ ɖe nɔvia dzi o.”

Fukpekpewo ƒe gɔmedzedzea

(Mateo 24:3-14; Luka 21:7-19)

3Azɔ eyi ɖanɔ anyi ɖe Amitoa dzi afi si dzeŋgɔ bali si le toa kple Yerusalem dome. Petro, Yakobo, Yohanes kple Andrea koe nɔ egbɔ le afi sia. Ame siawo biae be, 4“Nu siwo nèbe wole dzɔdzɔ ge ɖe gbedoxɔa dzi ɖe ɣekaɣie woadzɔ? Míakpɔ dzesi aɖe do ŋgɔ si ana míanya be nu siawo le dzɔdzɔ gea?”

5Yesu gblɔ na wo be, “Migana ame aɖeke nable mi be miatra mɔ o. 6Ame geɖewo ava agblɔ na mi be yewoe nye miaƒe Mesia la, eye woakplɔ mi atra mɔe. 7Ne miese aʋawɔwɔwo kple aʋaɣliwo la, ŋɔ megadzi mi o. Ele be nu siawo tɔgbi nava eme gake nuwuwu la meɖo haɖe o.

8“Dukɔwo aho aʋa ɖe wo nɔewo ŋu, anyigba aʋuʋu le teƒe geɖewo eye gawu la, dɔ ato le teƒe aɖewo, gake esiawo katã anye kpɔkplɔyiɖeme na fukpekpe gã siwo le vava ge la ko.”

Yesu yi edzi be,
9“Miawo minɔ ŋudzɔ vevie, elabena woahe mi ayi ʋɔnudrɔ̃ƒewo eye woaƒo mi le ʋuƒoƒewo. Woahe mi ayi gɔvinawo kple fiawo gbɔe le nye ŋkɔ la ta ke migblɔ nyanyui la na wo. Woahe nya ɖe mia ŋu le gɔvinawo kple fiawo ŋkume, be mienye yoyemedzelawo ta. Gake mele egblɔm na mi bena esiae nye munɔkpɔkpɔ nyuitɔ be miagblɔ nyanyui la na wo. 10Elabena ele be dukɔ ɖe sia ɖe nase nyanyui la hafi nuwuwu ŋkekea naɖo. 11Nenye be wolé mi yi ʋɔnui la, migatsi dzi kura le nya siwo miatsɔ aʋli mia ɖokuiwo tae la ŋu o. Migblɔ nya sia nya si Mawu de nu na mi la ko, elabena menye mia ŋutɔwoe le nu ƒo ge o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae.”

12Yesu yi edzi be, “Le ɣeyiɣi siawo me la, nɔvi ŋutɔ kura ahe nɔvia de ku me. Fofowo ade woawo ŋutɔ viwo asi, eye viwo hã ade woawo ŋutɔ fofowo asi be woawu. 13Ke miawo la, ame sia ame alé fu mi elabena mienye tɔnyewo. Gake meka ɖe edzi na mi be, ame siwo katã ado dzi va se ɖe nuwuwua eye womagbe nu le gbɔnye o la akpɔ ɖeɖe.

Xaxa gã la

(Mateo 24:15-28; Luka 21:20-24)

14“Nenye be miekpɔ ‘ŋunyɔnu si hea aƒedo’ vanɛ wòle tsitre ɖe gbedoxɔa me, afi si mele be wòanɔ o la, abe ale si nyagblɔɖila David gblɔe ene la, nɔvi nuxlẽla se egɔme. Mele egblɔm na wo be, si enumake ne àte ŋui. Ame siwo le Yudea la nasi ayi gbɛwo dzi. 15Ame si le eƒe xɔta la naga ɖi va anyi alo age ɖe eƒe xɔme be yeatsɔ naneke o. 16Ame si le agble me la nagatrɔ va tsɔ eƒe awu o.

17“Le nyateƒe me la, baba na ame siwo fɔ fu le ŋkeke mawo me, kple ame siwo si vi nonowo le. 18Mido gbe ɖa vevie be miaƒe sisiɣi nagadze vuvɔŋli me o. 19Elabena ŋkeke mawo anye ŋkeke siwo ƒomevi medzɔ kpɔ tso keke ɣeyiɣi si me Mawu wɔ xexeame va se ɖe fifia o. Eye ŋkeke siawo ƒomevi magadzɔ kpɔ hã le ɣeaɖekeɣi le esia megbe o. 20Le nyateƒe me nenye be Mawu meto ŋkeke vɔ̃ɖi siawo ɖe eme o la, ame ɖeka pɛ teti hã masusɔ ɖe anyigba dzi o. Gake le eya ŋutɔ ƒe ame tiatiawo ta la, akpɔ nublanui ato ŋkekeawo ɖe eme.

21“Nenye be ame a ɖe gblɔ na mi be, ‘Mesia lae nye esi alo eyae nye kemɛ la, migakpe kpe gɔ̃ hã dee o. 22Elabena alakpa Mesiawo kple alakpa nyagblɔɖila geɖewo ava. Woawɔ nukunuwo fũ ale be ne woate ŋui la, woable Mawu viwo gɔ̃. 23Eya ta mikpɔ nyuie! Megblɔe na mi do ŋgɔ!

Yesu ƒo nu le eƒe vava zi evelia ŋu

(Mateo 24:29-31; Luka 21:25-28)

24“Le ŋkeke mawo me le xaxa gã ma megbe la, ‘ɣe ado viviti eye ɣleti hã magaɖi o. 25Ɣletiviwo age tso dziƒo eye ŋusẽ siwo le dziƒo la aʋuʋu.’

26“Le ɣemaɣi me la, amewo lakpɔ Amegbetɔvi la, wòava le alilĩkpowo dzi kple ŋusẽ gã kpakple ŋutikɔkɔe. 27Adɔ mawudɔlawo ɖa be woaƒo ame siwo katã nye etɔwo le xexe bliboa me la nu ƒu tso keke anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi va se ɖe dziƒo nuwuwu ke.

Nusɔsrɔ̃ tso gboti ŋuti

(Mateo 24:32-35; Luka 21:29-33)

28“Mitsɔ gboti abe kpɔɖeŋu ene. Nenye be eƒe aŋgba fɛ̃wo ke eye aŋgbawo ŋutɔ de asi dodo me la; ekema mienya enumnake be, dzomeŋɔli ɖo. 29Eya ta ne miekpɔ be nu siwo katã megblɔ la le dzɔdzɔm la, minyae be nye vava zi evelia te tu aƒe, eye nye afɔ le miaƒe agbowo nu.” 30Le nyateƒe me la, dzidzime sia nu mele yiyi ge, va se ɖe esime nu siawo katã nava eme o. 31Dziƒo kple anyigba nu ava yi, gake nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.

Ame aɖeke menya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o

(Mateo 24:36-44)

32“Ke hã la, ame aɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo si tutu dzi nu siawo ava eme o. Mawudɔla siwo le dziƒo hã menyae o, nye ŋutɔ gɔ̃ ha nyemenyae o, negbe Fofonye ko. 33Esi mienya ɣeyiɣi sia o ta la minɔ ŋudzɔ aɖaba ƒoƒo ɖe sia ɖe.

34“Nye vava zi evelia asɔ kple ame aɖe si yi nugbe le anyigba didi aɖe dzi. Hafi wòayi la ede dɔ asi na eƒe dɔwɔvi ɖe sia ɖe eye wògblɔ na eƒe agbonudzɔla be wòanɔ ŋudzɔ na yeƒe tɔtrɔgbɔ.

35“Eya ta minɔ ŋɔdzɔ elabena mienya ɣeyiɣi si aƒea tɔ atrɔ agbɔ o, eɖanye fiẽ alo zã titina alo koklo ƒe atɔkuɣi alo ŋdi kanyaa o. 36Ale be ne eva kpata la makpɔ mi mianɔ alɔ̃ dɔm o. 37Nu si megblɔ na mi la, eya ke mele gbɔgblɔm na ame sia me be, ‘Minɔ ŋudzɔ!’”

Copyright information for EweBEE